Mark 4:1-9

Lododo tso nukuwula ŋu

(Mateo 13:1-9; Luka 8:4-8)

1Eva eme be ame geɖewo gava ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le esime wònɔ nu fiam le ƒuta. Le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, ege ɖe ʋu aɖe me eye wònɔ afi ma hafi nɔ nua fiam. 2Efia nu geɖe amewo to lododo me. 3Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee,

“Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me.
4Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi. 5Bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi afi si anyi geɖe mele o. Nukua mie enumake, gake esi anyi mesɔ gbɔ o ta la 6esi ŋdɔ ʋu la, eyrɔ, eye wòku elabena eƒe ke mede to o. 7Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o. 8Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi eye wotse ku blaetɔ̃, ɖewo tse blade eye ɖewo hã tse alafa.” 9Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Ame si tosenu li na la nesee.”

Copyright information for EweBEE